bene wòaɖi na mi le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔ la nu, bena wòado ŋusẽ mi to eƒe Gbɔgbɔ me le ememe la gome, bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me, eye wòali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi le lɔlɔ̃ me, bene mi kpakple ame kɔkɔewo katã míate ŋu adze si nusi nye kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme, eye bene miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃, si ƒo sidzedze la ta sa la, bene woayɔ mi taŋ, ne miade Mawu ƒe agbɔsɔsɔ blibo la katã nu.