1
Romatɔwo 14:17-18
Agbenya La
AL
Elabena mawufiaɖuƒe la menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí. Ne miesubɔ Kristo le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu, eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ.
Compare
Explore Romatɔwo 14:17-18
2
Romatɔwo 14:8
Ne míele agbe la, míele agbe na Aƒetɔ la; eye ne míeku la, míeku na Aƒetɔ la. Eya ta ne míele agbe alo míeku la, Aƒetɔ la tɔe míenye.
Explore Romatɔwo 14:8
3
Romatɔwo 14:19
Eya ta mina ŋutifafa nanɔ hamea me, eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo.
Explore Romatɔwo 14:19
4
Romatɔwo 14:13
Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o.
Explore Romatɔwo 14:13
5
Romatɔwo 14:11-12
Elabena woŋlɔe ɖi be, “Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la, ame sia ame adze klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ ” Nyateƒe, ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu.
Explore Romatɔwo 14:11-12
6
Romatɔwo 14:1
Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o.
Explore Romatɔwo 14:1
7
Romatɔwo 14:4
Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ la.
Explore Romatɔwo 14:4
Home
Bible
Plans
Videos