Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, “Ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o.” Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa, elabena, “Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.”