1
Lododowo 12:25
Agbenya La
AL
Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi, ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame.
2
Lododowo 12:1
Ame si lɔ̃ amehehe la lɔ̃a sidzedze, ke ame si lé fu mokaname la, bometsilae.
3
Lododowo 12:18
Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene, ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ.
4
Lododowo 12:15
Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, ke ame dzɔdzɔe xɔa aɖaŋuɖoɖo.
5
Lododowo 12:16
Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka, ke nunyala doa toku dzudzu.
6
Lododowo 12:4
Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua, ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a.
7
Lododowo 12:22
Yehowa lé fu alakpanuyiwo, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo toa nyateƒe la ŋu.
8
Lododowo 12:26
Ame dzɔdzɔe ɖoa ŋu ɖo le xɔlɔ̃wɔwɔ me, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.
9
Lododowo 12:19
Nyateƒenuyiwo nɔa anyi ɖikaa, ke alakpaɖe nu mesena yina o.