1
Lododowo 10:22
Agbenya La
AL
Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ, eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o.
2
Lododowo 10:19
Afi si nya geɖe le la, nu vɔ̃ megbea afi ma nɔnɔ o, ke ame si lé eƒe aɖe la, nunyalae.
3
Lododowo 10:12
Fuléle hea mama vɛ, gake lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.
4
Lododowo 10:4
Asi si wɔa kuvia la nana ame ɖoa ko gake asi si doa vevi nu la hea kesinɔnu vɛ.
5
Lododowo 10:17
Ame si ɖo to amehehe la le agbemɔ fiam gake ame si gbea ɖɔɖɔɖo la kplɔa ame bubuwo tranae.
6
Lododowo 10:9
Ame si ŋu fɔɖiɖi mele o la zɔna le dedinɔnɔ me, ke asi atu ame si toa mɔ gɔglɔ̃wo dzi.
7
Lododowo 10:27
Yehowavɔvɔ̃ nana agbe didina. Ke ame vɔ̃ɖi ƒe agbenɔƒewo le kpuie.
8
Lododowo 10:3
Yehowa menaa dɔ wua ame dzɔdzɔewo o, ke egblẽa ame vɔ̃ɖiwo ƒe didiwo me.
9
Lododowo 10:25
Ne ahomya ƒo va yi la, ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, ke ame dzɔdzɔe ya anɔ te sesĩe ɖaa.