“Metsɔ Levi ƒe viwo le Israelviwo dome ɖe Israel nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe viŋutsu gbãtɔ teƒe. Levi ƒe viwo nye tɔnyewo. Metsɔ wo ɖɔli viŋutsu tsitsitɔwo. Tso gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo la, mexɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo, amegbetɔwo tɔwo kple lãwo tɔwo siaa na ɖokuinye! Tɔnyewoe wonye; nyee nye Yehowa!”