1
4 Mose 14:9
Agbenya La
AL
Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.”
Compare
Explore 4 Mose 14:9
2
4 Mose 14:18
‘Yehowa le blewu le dɔmedzoedodo me, eƒe amenuveve sɔ gbɔ, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kple aglãdzedze kena. Ke megbea tohehe na fɔɖilawo o. Ehea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’
Explore 4 Mose 14:18
3
4 Mose 14:8
Nenye be míaƒe nu nyo Yehowa ŋu la, akplɔ mí ayi ɖe anyigba ma dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le, eye wòatsɔe ana mí.
Explore 4 Mose 14:8
4
4 Mose 14:24
Ke nye dɔla, Kaleb ya nye ame bubu aɖe kura, eɖo tom ale si dze. Makplɔe ayi anyigba si dzi wòde abe ŋkutsala ene la, eye eƒe dzidzimeviwo akpɔ woƒe gome dedie le eme.
Explore 4 Mose 14:24
5
4 Mose 14:28
Migblɔ na wo be, ‘Yehowa ka atam be yeana nu si vɔ̃m miele la nava mia dzi.
Explore 4 Mose 14:28
6
4 Mose 14:11
Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe?
Explore 4 Mose 14:11
7
4 Mose 14:2
Israelviwo katã lĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mose kple Aron ŋu, eye ame haho la katã gblɔ na wo be, “Ɖe míeku ɖe Egipte la, anye ne enyo wu alo ɖe gbedzi afi sia la, ne enyo ŋutɔ!
Explore 4 Mose 14:2
8
4 Mose 14:6-7
Yosua, Nun ƒe vi kple Kaleb, Yefune ƒe vi, ame siwo nɔ ŋkutsalawo dome, tsa ŋku le anyigba la dzi la, dze woƒe awuwo, hegblɔ na Israel ha blibo la be, “Anyigba si dzi míeto hetsa ŋku le la nyo ŋutɔ.
Explore 4 Mose 14:6-7
9
4 Mose 14:21-23
Gake zi ale si mele agbe, eye zi ale si Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi la, nenema tututue wòanye nyateƒe, be ame siwo kpɔ nye ŋutikɔkɔe kple nukunu siwo mewɔ le Egipte kple gbedzi siaa, eye wogbe zi ewo be yewomaka ɖe dzinye o, eye yewomaɖo tom hã o la dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo na ame siawo tɔgbuiwo o.
Explore 4 Mose 14:21-23
Home
Bible
Plans
Videos