1
3 Mose 19:18
Agbenya La
AL
“ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.
Compare
Explore 3 Mose 19:18
2
3 Mose 19:28
“ ‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa.
Explore 3 Mose 19:28
3
3 Mose 19:2
“Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe.
Explore 3 Mose 19:2
4
3 Mose 19:17
“ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.
Explore 3 Mose 19:17
5
3 Mose 19:31
“ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
Explore 3 Mose 19:31
6
3 Mose 19:16
“ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa.
Explore 3 Mose 19:16
Home
Bible
Plans
Videos