Yosua gaɖe nu si ŋkuɖodzikpe la le fiafiam la gɔme na Israelviwo hegblɔ be, “Ne mia viwo va bia mi gbe aɖe gbe be nu ka ta kpe siawo le afi sia ɖo, eye nu ka fiam wole hã la, miagblɔ na wo be kpe siawo le ŋku ɖom nukunu gã si dzɔ esime Israel dukɔ la zɔ ƒuƒuiƒe hetso Yɔdan tɔsisi la dzi! Migblɔ ale si Yehowa, míaƒe Mawu la na tɔsisi la mie le mía ŋkume, eye wòna wònɔ miemie nenema va se ɖe esime mí katã míetso tɔsisi la! Nenema tututue Yehowa wɔ na mi esi mieva ɖo Ƒu Dzĩ la to ƒe blaene nye esi va yi!