1
Yosua 1:9
Agbenya La
AL
Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi.”
Compare
Explore Yosua 1:9
2
Yosua 1:8
Mègana Segbalẽ sia nado le wò nu me o, de ŋugble le eŋu zã kple keli be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi nyuie. Ekema dzɔgbenyui kple dzidzedze anɔ wò mɔ dzi.
Explore Yosua 1:8
3
Yosua 1:7
Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi.
Explore Yosua 1:7
4
Yosua 1:5
Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o.
Explore Yosua 1:5
5
Yosua 1:6
“Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene.
Explore Yosua 1:6
6
Yosua 1:3
Matsɔ teƒe sia teƒe si miaɖo afɔe la ana mi abe ale si medo ŋugbee na Mose ene.
Explore Yosua 1:3
7
Yosua 1:2
“Nye dɔla, Mose ku. Azɔ la wò kple dukɔ blibo la, midzra ɖo miatso Yɔdan tɔsisi la ayi ɖe anyigba si mele Israelviwo nam la dzi.
Explore Yosua 1:2
8
Yosua 1:1
Le Yehowa ƒe dɔla, Mose ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Yosua, Nun ƒe vi, ame si nye Mose ƒe kpeɖeŋutɔ la bena
Explore Yosua 1:1
9
Yosua 1:4
Miaƒe anyigba la akeke tso gbegbe la va ɖo Lebanon, tso Frat tɔsisi gã la to ava to Hititɔwo ƒe anyigba la katã dzi va se ɖe Domeƒu la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
Explore Yosua 1:4
10
Yosua 1:18
Ame sia ame, ame ka kee wòɖanye o, si atsi tsitre ɖe wò sewo ŋu la aku godoo, eya ta tsɔ dzideƒo kple ŋusẽ nàkplɔ mí ayii!”
Explore Yosua 1:18
11
Yosua 1:11
“Mizɔ to asaɖa la me, eye miagblɔ na ameawo be, ‘Midzra miaƒe nuwo ɖo, elabena le ŋkeke etɔ̃ megbe la, miatso Yɔdan tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam be wòanye mia tɔ.’ ”
Explore Yosua 1:11