1
Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:2
Agbenya La
AL
Yehowa gblɔ na Gideon be, “Wò aʋakɔ la sɔ gbɔ akpa! Nyemaɖe mɔ mi katã miawɔ aʋa kple Midiantɔwo o, elabena Israelviwo ava ƒo adegbe nam be, ‘Míawoe ɖe mía ɖokuiwo to míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me’
Compare
Explore Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:2
2
Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:7
Yehowa gblɔ na Gideon be, “Maɖu Midiantɔwo dzi kple ame alafa etɔ̃ (300) siawo! Na ame mamlɛawo natrɔ ayi aƒe!”
Explore Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:7
3
Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:3
Ɖo wò ame siwo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo kple ame siwo dzidzi ƒo la ɖe aƒe.” Ale ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) trɔ dzo eye ame akpe ewo (10,000) siwo nɔ klalo na aʋawɔwɔ koe susɔ.
Explore Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:3
4
Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:4
Yehowa gagblɔ na Gideon be, “Ameawo sɔ gbɔ akpa. Kplɔ wo yi tɔ la to, ekema mafia ame siwo ayi kpli wò kple esiwo mayi o la wò. Ne megblɔ be, ‘Ame sia nayi kpli wò la’ ekema ayi, ke ne megblɔ be, ‘Ame sia mayi kpli wò o la’ ekema mayi o.”
Explore Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:4
5
Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:5-6
Gideon kplɔ wo yi tɔ la gbɔ eye Yehowa gblɔ na Gideon be, “Ame siwo akpe nu ɖe tsi me eye woano tsi abe avu ene la, nanɔ hatsotso ɖeka me eye ame siwo adze klo eye woaku tsia kple asi ano la hã nanɔ hatsotso bubu me.” Ewɔ nenema eye ame siwo ku tsia kple asi heno la nɔ ame alafa etɔ̃ (300), ame bubuawo katã nye ame siwo dze klo heno tsia abe avu ene.
Explore Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:5-6