Gileadtɔwo xɔ Yɔdan tɔtsoƒe siwo ge ɖe Efraimnyigba dzi eye ne ame siwo tsi agbe le Efraimtɔwo dome gblɔ be, “Na matso tɔ la” la, ekema Gilead ŋutsuwo abiae be, “Efraimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao” la, wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’ ” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me.