1
Yesaya 42:6-7
Agbenya La
AL
“Nye, Yehowa, meyɔ wò le dzɔdzɔenyenye me. Malé wò alɔnu. Makpɔ tawò, ana nànye nubabla na amewo kple kekeli na dukɔwo, be nàʋu ŋku na ŋkugbagbãtɔwo, be nàɖe ga gamenɔlawo, eye nàɖe ame siwo nɔ do globo me la tso viviti me.
2
Yesaya 42:8
“Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee ma! Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe alo kafukafu ana legbawo o.
3
Yesaya 42:1
“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si melé ɖe te, nye ame tiatia si ŋu mekpɔa ŋudzedze le; matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.
4
Yesaya 42:3-4
Maɖe aƒla ŋeŋe la ɖa o, eye matsi akaɖimeɖovu si le bibim ɖɔɖɔɖɔ la o. Adrɔ̃ ʋɔnu le nyateƒe me. Maʋuʋu alo dzi naɖe le eƒo o va se ɖe esime wòɖo dzɔdzɔenyenye ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe anyi ɖe anyigba dzi, eye ƒukpowo ada woƒe mɔkpɔkpɔwo ɖe eƒe se la dzi.”
5
Yesaya 42:16
Makplɔ ŋkugbagbãtɔwo ato mɔ si womenya tsã o la dzi, eye makplɔ wo to mɔ manyamanya dzi. Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye mana toƒe tsakliwo nazu zɔzrɔ̃e na wo. Esiawoe nye nu siwo mawɔ, nyemagble wo ɖi o.
6
Yesaya 42:9
Kpɔ ɖa, blemanyawo va eme, eye megale yeyewo gblɔm. Hafi woava dzɔ la, meɖe gbeƒã tso wo ŋuti na mi xoxo.”