1
Yesaya 12:2
Agbenya La
AL
Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname
2
Yesaya 12:3
Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ.”
3
Yesaya 12:5
Miɖe gbeƒã Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo, miɖe gbeƒã eƒe kafukafu le xexea me katã.
4
Yesaya 12:4
Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be, “Mida akpe na Yehowa! Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome.
5
Yesaya 12:1
Le ɣe ma ɣi la, àgblɔ be, “Makafu wò, O! Yehowa, togbɔ be èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye tsã hã la, wò dɔmedzoe nu yi, eye nèfa akɔ nam.
6
Yesaya 12:6
Mido ɣli, eye mitso aseye, mi ame siwo le Zion, elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”