Miyi ɖe towo dzi ne miatso atiwo vɛ ne miatsɔ agbugbɔ atu nye gbedoxɔe. Ekema makpɔ ŋudzedze le eŋuti wòade bubu ŋunye.” Yehowae gblɔe. “Miele mɔ kpɔm na nu geɖe, ke nu ʋɛ aɖe ko miekpɔ, eye ne mietsɔe va aƒe mee la, meɖoa ƒuƒu ɖee, eye metɔna ɖe mia si o. Nu ka tae?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Elabena nye gbedoxɔ ganye gli gbagbã li ko, ke mia dome ame sia ame le ʋiʋlim be miatso aƒe nyuiwo na mia ɖokuiwo.