1
Habakuk 1:5
Agbenya La
AL
Yehowa ɖo eŋu nam be, “Nɔ ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋuti eye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na wò. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.
Compare
Explore Habakuk 1:5
2
Habakuk 1:2
O Yehowa, zi nenie mado ɣli ayɔ wò hafi nàxɔ nam? Medo ɣli yɔ wò ʋuu gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o. Nu ka ta medo ɣli be: “Ŋutasesẽ le edzi yim” gake mèɖo xɔname ɖa o.
Explore Habakuk 1:2
3
Habakuk 1:3
Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm? Nu ka wɔ nèɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔwɔ? Elabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me eye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm.
Explore Habakuk 1:3
4
Habakuk 1:4
Ŋusẽ megale se la si o eye afiaŋkunɔtsotso bɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒewo elabena ame vɔ̃ɖiwo ɖe to ɖe ame dzɔdzɔewo. Eya ta wotsyɔ nu nya dzɔdzɔe dzi.
Explore Habakuk 1:4