1
2 Mose 20:2-3
Agbenya La
AL
“Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.
Compare
Explore 2 Mose 20:2-3
2
2 Mose 20:4-5
Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò ɖe nu siwo le dziƒo alo le anyigba dzi alo le atsiaƒu me la ƒe nɔnɔme me o. Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi
Explore 2 Mose 20:4-5
3
2 Mose 20:12
Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.
Explore 2 Mose 20:12
4
2 Mose 20:8
Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe.
Explore 2 Mose 20:8
5
2 Mose 20:7
Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.
Explore 2 Mose 20:7
6
2 Mose 20:9-10
Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me. Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o
Explore 2 Mose 20:9-10
7
2 Mose 20:17
Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe, alo srɔ̃a alo eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu alo eƒe nyiwo alo eƒe tedziwo loo alo nu sia nu si nye etɔ la ƒe ɖeke ŋu o.”
Explore 2 Mose 20:17
8
2 Mose 20:16
Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o.
Explore 2 Mose 20:16
9
2 Mose 20:14
Mègawɔ ahasi o.
Explore 2 Mose 20:14
10
2 Mose 20:13
Mègawu ame o.
Explore 2 Mose 20:13
11
2 Mose 20:15
Mègafi fi o.
Explore 2 Mose 20:15
Home
Bible
Plans
Videos