Esi Mose tsi, eye wòzu ɖekakpui la, eɖi tsa gbe ɖeka be yeakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ fuwɔame kple teteɖeanyi si te wonɔ. Ekpɔ Egiptetɔ aɖe wòƒo nɔvia Hebritɔ aɖe ƒu anyi. Mose tsa ŋku mlamlamla be yeaka ɖe edzi be ame aɖeke menɔ ye kpɔm o. Ewu Egiptetɔ la, eye wòɖii ɖe ke me.