1
5 Mose 18:10-11
Agbenya La
AL
Le kpɔɖeŋu me, ne Israelvi aɖe atsɔ via ana be woatɔ dzoe abe vɔsa na anyigba ma dzi tɔwo ƒe mawuwo ene la, ele be woawui. Mele be Israelvi aɖeke nanye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola, dzosala, busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla o.
Compare
Explore 5 Mose 18:10-11
2
5 Mose 18:12
Ame sia ame si awɔ nu siawo la anye ŋunyɔnu na Yehowa, eye esi wònye dukɔ mawo wɔa nu siawo tae Yehowa, wò Mawu la aɖe wo ɖa.
Explore 5 Mose 18:12
3
5 Mose 18:22
Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o.
Explore 5 Mose 18:22
4
5 Mose 18:13
Ele be nàzɔ ale be fɔɖiɖi aɖeke manɔ wò zɔzɔme ŋu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume o.”
Explore 5 Mose 18:13