Ɖo to, O Mawu eye nàse nu; ʋu wò ŋkuwo eye nàkpɔ wò du si ŋu wò Ŋkɔ le la ƒe aƒedozuzu ɖa. Míele nu biam wò le míaƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta. O Aƒetɔ, ƒu to anyi! O Aƒetɔ, tsɔe ke dzro! O Aƒetɔ, se nu eye nàwɔ nu! Le wò ŋutɔ ta, O nye Mawu, mègahe ɖe megbe o elabena wò Ŋkɔ le wò du kple wò amewo ŋu.”