1
2 Korintotɔwo 6:14
Agbenya La
AL
Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?
Compare
Explore 2 Korintotɔwo 6:14
2
2 Korintotɔwo 6:16
Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃xɔ dome o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome, mazɔ le wo dome. Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.”
Explore 2 Korintotɔwo 6:16
3
2 Korintotɔwo 6:17-18
Esia ta, Yehowa gblɔ be, “Mido go le wo dome, eye miaɖe vovo tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene.” Ke, “Manye mia Fofo, eye miawo hã mianye, vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo.”
Explore 2 Korintotɔwo 6:17-18
4
2 Korintotɔwo 6:15
Aleke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃ wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye aleke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple dzimaxɔsetɔ?
Explore 2 Korintotɔwo 6:15