Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye ne mewɔ esia la, mawɔm movitɔe o; elabena wonye nyateƒe. Ke nyemawɔe o, be amewo nabum amegãe wu ame si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple gbeƒã si ɖem mele la me. Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la, menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna.