Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋu dɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me, eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ, eye woanɔ klalo ɣe sia ɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo. To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.