1
1 Tesalonikatɔwo 5:16-18
Agbenya La
AL
Dzi nedzɔ mi ɣe sia ɣi. Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me.
Compare
Explore 1 Tesalonikatɔwo 5:16-18
2
1 Tesalonikatɔwo 5:23-24
Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu la nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la. Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi, eya ta awɔe ade goe.
Explore 1 Tesalonikatɔwo 5:23-24
3
1 Tesalonikatɔwo 5:15
Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.
Explore 1 Tesalonikatɔwo 5:15
4
1 Tesalonikatɔwo 5:11
Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.
Explore 1 Tesalonikatɔwo 5:11
5
1 Tesalonikatɔwo 5:14
Míele nu xlɔ̃m mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, migbɔ dzi ɖi na ame sia ame.
Explore 1 Tesalonikatɔwo 5:14
6
1 Tesalonikatɔwo 5:9
Mawu meɖo be yeahe eƒe dɔmedzoe ƒe to na mi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.
Explore 1 Tesalonikatɔwo 5:9
7
1 Tesalonikatɔwo 5:5
Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o
Explore 1 Tesalonikatɔwo 5:5