Esi wonɔ ɣea ɖum la wodzi ha be,
“Saul wu eƒe akpewo ke
David wu eƒe akpe ewowo.”
Saul do dɔmedzoe vevie elabena hagbe la mevivi enu o. Egblɔ le eɖokui me be, “Wotsɔ akpe ewowo na David, ke nye ya akpewo koe wotsɔ nam. Nu kae gasusɔ nɛ wòaxɔ wu fiaɖuƒe la?”