1
1 Korintotɔwo 8:6
Agbenya La
AL
ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe.
Compare
Explore 1 Korintotɔwo 8:6
2
1 Korintotɔwo 8:1-2
Miaƒe biabia bubu hã ku ɖe nuɖuɖu siwo woɖa tsɔ sa vɔe na legbawo. Enye nyateƒe be nunyalawoe mí katã míenye. Nunya hea ɖokuidodoɖedzi vanɛ, ke lɔlɔ̃ tua amewo ɖo. Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be wòanyae la ene o.
Explore 1 Korintotɔwo 8:1-2
3
1 Korintotɔwo 8:13
Eya ta ne to trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nage le xɔse me o.
Explore 1 Korintotɔwo 8:13
4
1 Korintotɔwo 8:9
Ke ɖeko miakpɔ nyuie be miaƒe ablɔɖe ŋuti dɔ wɔwɔ mezu nu kikli na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o.
Explore 1 Korintotɔwo 8:9