1
1 Korintotɔwo 14:33
Agbenya La
AL
Mawu menye ame si lɔ̃na be woawɔ nuwo basabasa o; elɔ̃a nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyuitɔ nu abe ale si wòle le hame bubuwo katã me ene.
Compare
Explore 1 Korintotɔwo 14:33
2
1 Korintotɔwo 14:1
Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu gãtɔ, ke mibia nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana hã, vevietɔ nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana hena Mawu ƒe nyawo gbɔgblɔ.
Explore 1 Korintotɔwo 14:1
3
1 Korintotɔwo 14:3
Ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa Mawu ƒe nya la le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo be woatsi le Aƒetɔ la me, eye wòle ŋusẽ dom wo, hele akɔ fam na wo.
Explore 1 Korintotɔwo 14:3
4
1 Korintotɔwo 14:4
Ale ame si “gblɔa gbe bubuwo” la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye wòtsina le gbɔgbɔ me, ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa nya siwo tsoa Mawu gbɔ la kpena ɖe hame blibo la ŋu be wòatsi le kɔkɔenyenye kple dzidzɔkpɔkpɔ me.
Explore 1 Korintotɔwo 14:4
5
1 Korintotɔwo 14:12
Esi miele didim vevie alea be yewoaxɔ nunana tɔxɛwo tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gbɔ la, mibia nu nyuitɔ kekeakee; mibia nu siwo anye tutuɖedzi na hame blibo la.
Explore 1 Korintotɔwo 14:12