Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.