Zefanya 2
2
Nuxɔxlɔ̃ hena dzimetɔtrɔ. Ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔwo katã.
1Mi dukɔ, si ŋu mekpena o, miƒo takpli, eye mido dɔgɔ̃e, 2hafi ne tameɖoɖo la ƒe vidziɣi naɖo, eye ɣeyiɣi la nu nayi, abe alesi gbe ƒuƒu ʋua yae ene, hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi! 3Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokul ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, amea ɖe menye nu o woatsɔ mi aɣia le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!
4Elabena Gaza azu du gbɔlo, eye Askalon azu aƒedo; woanyã Asdoɖ le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye woaho Ekron kple ke. 5Baba na mi Krefa-ɖukɔ, mi amesiwo le atsiaƒu nu! Filistitɔwo ƒe anyigba Kanaan, mia ŋue Yehowa ƒe gbe va ɖo, eye matsrɔ̃ wò, ale be ame navɔ le dziwò. 6Kreta azu lãnyiƒe na lãkplɔvlwo kple lãkpɔ na alẽwo. 7Anyigba, si le atsiaƒu nu la, azu Yuɖa ƒe aƒe la ƒe ame mamleawo tɔ, eye woaɖu gbe le edzi; woatsyɔ akɔ ɖe Askalon ƒe aƒewo me le fiẽ, ne Yehowa, woƒe Mawu la, va kpɔ wo ɖa, eye wògaɖo wo te.
8Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon-viwo ƒe vloɖoɖo, wo amesiwo ɖe alɔme le nye ɖukɔ ŋu, eye woka ɖe eƒe anyigba ŋu. 9Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne Moab mazu abe Soɖom ene, eye Amon-viwo abe Gomora ene o fĩ! Woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee; nye ɖukɔ ƒe susɔea aha wo, eye nye dukɔ ƒe mamlea atsɔ wo anyi domee. 10Esia adzɔ ɖe wo dzi le woƒe ɖãɖa ta, elabena woɖe alɔme eye woka ɖe Yehowa Zebaot ƒe ɖukɔ la ŋu. 11Yehowa anye ame dziŋɔ anɔ wo nu, elabena ana legbawo katã nu nayi le anyigba dzi, eye dukɔwo ƒe ƒukpowo katã aɖo gbe ɖa na, amesiame le enɔƒe.
12Maɖa nye yi mi Kusitɔwo hã! 13Ado eƒe asi ɖa ɖe anyiehe ŋu, eye wòatsrɔ̃ Asur, ana Niniwe nazu gbegbe, eye wòaƒu kplakplakpla abe tagba ene. 14Lãhawo kple gbemelã vovovowo atsyɔ akɔ ɖe eme, eye aluge kple hlɔmaɖe atsi woƒe sɔtiwo ƒe ko te aɖɔ. Ha anɔ ɖiɖim le fesre nu, eye anyiglãgo anɔ kpui nu, elabena seɖerʋuƒowo atsi go. 15Ɖe ɖu, si nɔa aseye tsom, eye wòli bɔkɔɔ henɔa gbɔgblɔm le eƒe dzi me be: Míawoe nye gɔglɔ̃mitɔgɔ̃wo la, nye esia? Ke azɔ la ezu gbegbe kple gbemelãwo mlɔƒe, eye amesiame, si ato eŋu ayi la, ado tsiã, eye wòaʋuʋu asi.
Iliyochaguliwa sasa
Zefanya 2: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.