Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

ZAXARYA 3

3
Nunɔlagã Yosua le Aƒetɔ la ƒe dɔla ŋku me.
1Eye wòna mekpɔ nunɔlagã Yosua tsi tre ɖe Yehowa ƒe dɔla ŋku me, eye Satana tsi tre ɖe eƒe ɖusi me, be wòatso enu. 2Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa? 3Ke Yosua le awu ƒoɖiwo me hetsi tre ɖe mawudɔla la ŋku me. 4Tete wòxɔ edzi gblɔ na amesiwo tsi tre ɖe eŋku me la bena; Miɖe awu ƒoɖlawo le eŋu! Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, meɖe wò voɖaɖawo ɖa le ŋuwò, eye maɖo atsyɔ̃wuwo na wò. 5Eye megblɔ bena: Woatsɔ tablanu dzadzɛ abla ta nɛ! Tete wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wodo awuwo nɛ, esime Yehowa ƒe dɔla gali ko.
6Tete Yehowa ƒe dɔla xlɔ̃ nu Yosua gblɔ bena: 7Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne ézɔ nye mɔwo dzi, eye nèlé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, énɔ nye aƒe nu, eye nèlé ŋku ɖe nye xɔxɔnuwo ŋu la, ekema maɖe mɔ na wò nazɔ amesiwo tsi tre ɖi la dome. 8Wò nunɔlagã Yosua kple xɔ̃wò, siwo bɔbɔ nɔ gbɔwò la, misee; elabena ŋutsu, slwò nye kpɔdzidze la wonye. Elabena mele nana ge nye dɔla Zemax nava. 9Elabena woafɔ ŋku adre ɖe kpe, si metsɔ ɖo Yosua ŋku me la dzi; kpɔ ɖa, ma-ŋlɔ nu ɖe edzi, eye maɖe anyigba sia ƒe voɖaɖa ɖa le ŋkeke ɖeka dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe. 10Ɣemaɣl la mia ɖome amesiame akpe nɔvla ayi weinka kple gbotiwo te, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Iliyochaguliwa sasa

ZAXARYA 3: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia