Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

ZAXARYA 1

1
Kpɔkplɔyiɖeme. Nuxɔxlɔ̃ bena dzimetetrɔ.
1Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu enyilia dzi la Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena: 2Yehowa ɖo ɖɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie. 3Eyata ale nagblɔ na wo enye si: Yehowa Zebaot be: Mitrɔ ɖe ŋunye, Yehowa Zebaot ye gblɔe, ekema nye ha matrɔ ɖe mia ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe! 4Miganɔ abe mia fofowo ene o; wo amesiwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na bena: Yehowa Zebaot be: Miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo kple nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu! Ke wogbe toɖoɖo, eye womelé ŋku ɖe ŋunye o, Yehowa ye gblɔe! 5Afika mia fofowo le azɔ, eye ɖe nyagblɔɖila-wo ami agbe tegbetegbea? 6Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?
Sɔdola la le amitive me.
7Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu wulɖekɛlia Sebat ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Yehowa ƒe gbe va na Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena: 8Le za me la mekpɔ ŋutega, eye kpɔ ɖa, ŋu-tsua ɖe do sɔ dzĩa ɖe, eye wòtɔ ɖe gbemiti, siwo le bali me la domee, eye sɔ, siwo le dzie, hẽ kple ɣle la, le emegbe. 9Tete me-gblɔ bena; Nye aƒetɔ, amekawoe nye esiawo? Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim la, gblɔ nam bena: Magblɔ amesiwo wonye la, afia wo. 10Tete ŋutsu, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, xɔ edzi gblɔ bena: Woawo nye amesiwo Yehowa ɖɔ, be woaɖatsa le anyigba dzi. 11Eye woɖo ŋu na Yehowa ƒe dɔla, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, gblɔ bena: Míeyi ɖatsa le anyigba dzi, eye kpɔ ɖa, ɖo-ɖoe zi le anyigba blibo la ŋu klenee. 12Tete Yehowa ƒe dɔla la xɔ edzi gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ɣekaɣi nagbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda-du, siwo ŋu nẽdo dziku ɖo ƒe blaadre sɔŋ enye si la, ase ɖo? 13Tete Yehowa gblɔ nya nyui kple akɔfanyawo na mawudɔla, si ƒo nu kplim, la, 14Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim le gblɔ nam bena: Ɖe gbe ƒã be: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie, 15eye dzi akum vevie ɖe dukɔ dadalawo ŋu; elabena esi dɔ me nya vem vie ko la, woawo kpe asi ɖe eŋu hetrɔ gbegblẽ la ɖo. 16Eyata ale Yehowa gblɔ esi. Makpɔ nublanui na Yerusalem agatrɔ ɖe eŋu, woatu nye xɔ ɖe eme, eye woada dzidzeka ɖe Yerusalem ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe! 17Gaɖe gbe ƒã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi; Nu nyui agagbagba ɖe nye ɖuwo me, Yehowa agave Zion nu, eye wòagatia Yerusalem.

Iliyochaguliwa sasa

ZAXARYA 1: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia