Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Obadya 1

1
Gbeƒãɖeɖe tohehe ʋɔnudɔdrɔ̃.
1Obadya ƒe ŋutega. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Edom ŋu enye si: Míese nya tso Yehowa gbɔ, eye woɖo du ɖe dukɔwo dome be: Mitso, ne míaho aʋa ɖe wo ŋu! 2Kpɔ ɖa, mawɔ wò sue le dukɔwo dome, eye maɖi gbɔ wò vevie. 3Wò dzi ƒe dàda ble wò, wò amesi le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe kɔkɔƒewo, wò amesi le gbɔgblɔm le wò dzi me be: Ameka atutum aƒu anyi? 4Ne èyi dzi ʋĩ abe hɔ̃ ene, eye nèwɔ ato ɖe dzinuviwo dome hã la, matutu wò aƒu anyi tso afima, Yehowa ye gblɔe. 5Nenye fiawo kple adzodalawoe ƒo ɖe dziwò le zã la, ɖe womafi nu alesi ko asu wo nu oa? Ke aleke wòa nèhetsrɔ̃e! Nenye weinxalawoe ƒo ɖe dziwò la, ɖe womakpɔtɔ ɖe ɖi oa? 6Aleke womehedzro Esau me, eye wotsa le eƒe kesinɔnuwo mee o! 7Wò dzoɖuxɔlɔ̃wo katã nyã wò vaseɖe liƒo dzi ke, xɔ̃wòwo ble wò, eye wokpe dziwò; wò aboloɖulawo ɖo mɔ̃ ɖe tewò, ke mèdze sii o. 8Yehowa be: De nyematsrɔ̃ nunyalawo ɖa le Edom kple gɔmesese ɖa le Esau ƒe towo dzi gbemagbe oa? 9Teman, dzi aɖe le wò kalẽtɔwo ƒo, ne woatsɔ amewuwu atsrɔ̃ amesiame ɖa le Esau ƒe towo dzi.
10Le ŋuta, si nesẽ le noviwò Yakob ŋu ŋuti la, ŋukpe anyẽ atsyɔ wò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee. 11Gbemagbe èle eteƒe; esi amedzrowo ɖe aboyo eƒe aʋakɔwo ɖzoe gbemagbe, du bubu me towo ge ɖe eƒe agbowo me, eye wodzidze nu ɖe Yerusalem dzi la, wò hã ènye wo dometɔ ɖeka. 12Ke megafɔ ŋku ɖe nɔviwò dzi le eƒe ŋkeke la dzi, le eƒe dzogbevɔ̃egbe o, megakpɔ dzidzɔ ɖe Yuda-viwo ŋu le woƒe tsotsrɔ̃gbe o, eye megake wò nu baa le xaxagbe o. 13Megage ɖe nye ɖukɔ ƒe agbo me le, eƒe dzɔgbevɔ̃egbe o, megafɔ ŋku ɖe eƒe gbegblẽ dzi le eƒe dzɔgbevɔ̃egbe o, eye megado wò asi ɖa ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu le eƒe dzogbevɔ̃egbe o. 14Megatsi tre ɖe mɔ dzevee nu natsrɔ̃ eƒe ame sisiwo o, eye megaɖe aboyo eƒe ame mamleawo le xaxagbe o! 15Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã; alesi nèwɔ la, nenema woawo wò, eye wò nuwɔwɔwo ava wò ta dzi. 16Alesi mieno aha le nye to kɔkɔe dzii la, nenema dukɔwo katã anɔ enono dzii ɖaa; woanoe aɖuɖɔ egɔme ƒiaƒiaƒia, eye woanɔ abe amesiwo medzo kpɔ o la ene.
17Ke xɔname anɔ Zion-to dzi, anye kɔkɔeƒe, eye Yakob ƒe aƒe la axɔ woƒe domenyinu. 18Yakob ƒe aƒe la anye dzo, eye Yosef ƒe aƒe la anye dzoƒaɖe, ke Esau ƒe aƒe la anye gbe ƒuƒu; woafiãe wòabi, ale be amea ɖeke makpɔtɔ na Esau ƒe aƒe la o; elabena Yehowa ye gblɔe. 19Dziehetɔwo axɔ Esau ƒe towo, eye bali me nɔlawo ado Filistitɔwo ƒe anyigba, woaxɔ Efrayim-tagba kple Samaria-tagba, eye Benyamin axɔ Gilead; 20eye Israel-viwo ƒe aʋakɔ, siwo woɖe aboyoe la, ado Kanaanitɔwo ƒe anyigba vaseɖe Zarpat, eye Yerusalem ƒe aboyome, siwo le Sefarad la, ado dzieheduwo. 21Xɔnametɔwo ava Zionto la dzi, ne woadrɔ̃ ʋɔnu Esau ƒe towo, eye fiaɖuƒe la anye Yehowa to.

Iliyochaguliwa sasa

Obadya 1: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia