Mixa 4
4
Le Mesia ƒe fiaɖuƒe ŋuti.
1Eye wòava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta aghɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu. 2Eye ɖukɔ geɖewo atso agblɔ bena: „Mina míayi Yehowaƒe to la kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!“ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem. 3Adrɔ̃ ʋɔnu na ɖukɔ geɖewo, eye wòatso nya me na anyigba dzi ɖukɔ geɖewo vaseɖe didiƒe ke. Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gohɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o. 4Eye wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zehaotƒe nue gblɔe, 5Elabena ne ɖukɔ-wo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.
Woagaƒo Israel nu ƒu, eye woaɖee le tohehe nɛ megbe.
6Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la maƒo abutɔlawo nu ƒu, eye makplɔ amesiwo kaka hlẽ, kple amesiwo dzi mehe gbegblẽ vɛ la, ɖe du. 7Mana abutɔlawo nazu ame susɔeawo, eye amesiwo wonyã yi didiƒee, nazu dukɔ sesẽ, eye Yehowa aɖu fia ɖe wo nu le Zion-to la dzi tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. 8Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-nyɔnuvi ƒe toghɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvl ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.
9Azɔ nukaŋutl nẽle aƒa ɖom ale? Ɖe fiaa ɖeke megale me-wò o, eye adaŋudela bu ɖe wò, ale be nẽle ku lém abe nyɔnu, si le vi ɖzim la enea? 10Zion-nyɔnuvi; ƒo togotogoe nalé ku abe uyɔnu, si le vi ɖzim la ene! Elabena ele na wò be, naʋu le ɖua me aɖanɔ gbedadaƒo, eye naɖe Babel ke; afima woaɖe wò le, eye afima Yehowa axɔ wò le wò fu-tɔwo si me le. 11Ekema ɖukɔ geɖewo aƒo takpli ɖe ŋuwò agblɔ bena: „Wogblẽ kɔ ɖo nɛ, eye míaƒe ŋkuwo aɖl ƒo ɖe Zion ŋu!“ 12Ke womenyaa Yehowa ƒe: susuwo o, eye womedzea si eƒe tameɖoɖowo be, eli kɔ wo abe lubabla ɖe lugbɔƒe ene o. 13Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.
14Azɔ kuko ŋuti na ɖokuiwò; elabena woaƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woatsɔ ati aƒo to me na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la.
Iliyochaguliwa sasa
Mixa 4: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.