Mixa 1
1
Yuda kple Israel-fiaduƒe gbegblẽ le trɔ̃subɔsubɔ ta.
1Esia nye Yehowa ƒe nya, si va na Mixa, Moresitɔ la, eye wò-kpɔ ɖe Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.
2Mi dukɔwo katã, misee, anyigba kple edzl nuwo, miƒu to anyi! Aƒetɔ Yehowa nye ɖasefo ɖe mia ŋu, Aƒetɔ la tso eƒe gbedoxɔ kɔ: kɔe la me! 3Elabena kpɔ ɖa, Yehowa atso le enɔƒe ahaɖi ɖe anyi, eye wòatsa le anyigba ƒe gkɔkɔƒewo. 4Towo alólo le ete abe anyĩgba le dzo nu ene, eye gbadzaƒewo aɖe dzoglo, abe alesi tsi sina tsoa aganu wònɔna ene. 5Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo tae nusiawo katã dzɔ ɖo. Yakob ƒe dzidada ɖe? Ɖe menye eya nye Samaria oa? Yuda ƒe nuxeƒe ɖe? Ɖe menye eyae nye Yerusalem oa? 6Eyata matsɔ Samaria awɔ anyiglãgoe ɖe gbe me kple weingbledeƒee, malɔ eƒe kpewo aƒu gbe ɖe abu me, eye maɖi ƒeƒle eƒe agunu. 7Woagbãwoƒe aklama kpakpɛwo katã, woatɔ dzo woƒe gbolonunanawo katã, eye matsrɔ̃ woƒe legbawo katã; elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui, eye gboloho woagazu.
8Eyata mafa konyi, mafa avi, eye maɖe ƒeƒle anɔ yiyim; mafa konyi abe amegãxiwo ene, eye maxa nu abe golowo ene. 9Elabena gbedada mele eƒe ƒoƒowo ŋu o; elabena eva Yuda ke, eye wòde nye dukɔ ƒe agbo nu vaseɖe Yerusalem ke. 10Migado bobloe le Gat o; migafa avi le Ako o, eye mlgaƒo togotogoe le ke me le Bet-Leafra o! 11Mi Safirtɔwo, miɖe ama miaʋu adzo; Zaanantɔwo mele dzodzo ge o; mifa konyi le Bet-Haezel, elabena mia gbɔe wòdze aʋa ɖo! 12Dzidzi aƒo Ma-rotfɔwo le woƒe dzɔgbenyuie ta, elabena dzɔgbevɔ̃e ɖi tso Yehowa ghɔ ɖe Yerusalem ƒe agbowo dzi. 13Laxistɔwo, mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu! Elabena wòe nye Zion-nyɔnuvl ƒe nuvɔ̃ gãtɔ, eye gbɔwòe wokpɔ Israel ƒe dzidadawo le. 14Eyata àklã ɖa tso Moreset-Gat ŋu; Axsib-xɔwo aflu Israel-fiawo. 15Mi Maresatɔwo, magakplɔ nugblẽla aƒu mi, eye Israel ƒe bubumewo aɖe Adulam ke. 16Lũ ta kokoe le viwò, siwo ghɔ mèlɔ̃a nu le o la ta; wò ta nebebe tegblẽ abe akagã tɔ ene, elabena wokplɔ wo dzoe le gbɔwò.
Iliyochaguliwa sasa
Mixa 1: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.