Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Yona 4

4
Yona mekpɔ ŋudzedze le nublanuikpɔkpɔ na Niniwetɔwo ŋuti o; eyata woka ŋku me nɛ.
1Ke esia medze Yona ŋu o, eye dzi kui vevie. 2Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Oo, Yehowa, esia ŋu pɛ mebu, esime mele mía de; eyata medo ŋgɔ be, masi ayi Tarsis; elabena menyae be, Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nenye, egbɔa dzi ɖi blewu, dɔmenyo bɔ ɖe asiwò, eye vɔ̃wɔwɔ vea wò. 3Eyata Yehowa, xɔ nye agbe le asinye! Elabena enyo nam be, maku wu esi manɔ, agbe. 4Eye Yehowa gblɔ be: Ɖe nèle dɔmedzoe dom ɖe eteƒea?
5Tete Yona do le dua me ɖabɔbɔ nɔ dua ƒe ɣedzeƒe gome, eye wòtu agbadɔ ɖe afima hebɔbɔ no eƒe vɔvɔli te, ne yeakpɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi. 6Eye Yehowa Mawu dɔ treklɔnu wòva mie ɖe Yona ta me, ne wòado vɔvɔli ɖe edzi ahafa eƒe dzikudodo nu nɛ; tete Yona kpo dzidzɔ le treklɔnu la ŋu ŋutɔ. 7Ke esi agu dze le ŋkeke evelia dzi la, Mawu do ŋɔ wòva du treklɔnu la woku. 8Esi ɣe dze la, Mawu do ɣedzeƒeya xɔdzo ɖa, eye ɣe ɖu Yona ƒe ta, ale be nu te eŋu belibeli. Tete wodi ku na eɖokui gblɔ bena: Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.
9Eye Mawu gblɔ na Yona bena: Ɖe nèle dziku dom ɖe eteƒe le treklɔnu la taa? Eɖo ŋu bena: Tɔnye dzɔ be, mado dziku, vaseɖe esime maku. 10Tete Yehowa gblɔ be: Treklɔnu, Si ŋu medze agbagba le o, mekpɔ edzi wòtsi o, emie le zã ɖeka me, eye woku le zã ɖeka me la ƒe nu le vewòm, — 11ɖe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo menya nuka enye ɖusi kple mia hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?

Iliyochaguliwa sasa

Yona 4: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia