Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Yona 3

3
Nyagblɔɖila la gblɔ dzimetɔtrɔ ŋutinya dziŋɔa ɖe na Niniwetɔwo.
1Tete Yehowa ƒe gbe va na Yona zi evelia bena: 2Tso, nayi Niniwe, ɖu gã la me, eye naɖe gbe ƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ. 3Tete Yona tso yi Niniwe ɖe Yehowa ƒe nya la nu. Niniwe enye du gãa ɖe le Mawu ŋku me, eye eƒe didime enye ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔzɔzɔ. 4Eye Yona zɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ le dua me heɖe gbe ƒã gblɔ bena: Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃! 5Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi. 6Esi nya la ɖe Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me. 7Eye wòna wodo kpo gblɔ le Niniwe ɖe fia kple eƒe amegãwo ƒe se nu bena: Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo-kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ana tsi o, 8ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti. 9Amea ɖe menya nu o Mawu atrɔ ta me, avee, eye eƒe dɔmedzoe heliheli la nu afa, be miatsrɔ̃ o hĩ! 10Eye esi Mawu kpɔ, alesi wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔwo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.

Iliyochaguliwa sasa

Yona 3: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia