Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Yona 2

2
Yona do gbe ɖa, eye woɖee.
1Eye Yehowa dɔ ƒumelã gãa ɖe, be wòaɖami Yona; eye Yona nɔ lã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. 2Tete Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la, le lã la ƒe dɔ me 3gblɔ bena, Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam; medo ɣli tso tsieƒe ƒe ƒodo me, eye nèse nye gbe. 4Etsɔm ƒu gbe ɖe to gɔme, le atsiaƒu titina, tsi sisiwo ɖe to ɖem, eye wò tsi kpakpawo katã kple wò tsi tsotsoewo to tanye yi. 5Megblɔ be, wonyãm ɖa le ŋkuwò me, ɖe magakpɔ wò gbedoxɔ kɔkɔe la akpɔa? 6Tsiwo ɖe to ɖem de keke nye luʋɔ gbɔ; tɔ gɔme le ŋunye godoo, eye avawo xatsa ɖe ta nam. 7Mede towo ƒe agunu ke, eye anyigba do gameti ɖe nunye ɖikaa, ke èhe nye agbe tso do me, Yehowa, nye Mawu! 8Esi nu te nye luʋɔ ŋu le menye la, meɖo ŋku Yehowa dzi, eye nye gbedoɖoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kokoe la me. 9Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi. 10Ke nye la matsɔ akpedagbe asa vɔ na wò, eye mawɔ adzɔgbe, si meɖe la dzi. Xɔname enye Yehowa tɔ! 11Eye Yehowa ɖe se nalãla be, wòaɖadzɔ Yona ɖegota.

Iliyochaguliwa sasa

Yona 2: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia