Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Yoel 4

4
Mawu ƒe tohehe ʋɔnudɔdrɔ̃ futɔwo.
1Elabena kpɔ da, ne medo Yuda kple Yerusalem te le ŋkeke mawo me kple ɣemaɣi la, 2maƒo dukɔwo katã nu ƒu ahakplɔ wo ayi Yosafat ƒe bali la me, eye madrɔ̃ ʋɔnu kpli wo le afima le nye dukɔ kple nye domenyinu Israel ta, elabena wokakae ɖe dukɔwo dome, eye wòmã nye anyigba la. 3Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi, wotsɔ ŋutsuvi ɖɔ li gboloe, eye wotsɔ nyɔnuvi dze wein heno. 4Mi Tiro, Zidon kple Filistitɔwo ƒe anyigbawo katã, nuka dim miele le ŋunye? Ɖe miebe, yewoaɖo nusi wowɔ mi la teƒe nam loo, alo miawɔ nanem ma? Nye asi atsɔ mahe miaƒe nuwɔwɔ ava miaƒe ta dzi enumake. 5Miawoe lɔ nye klosalo kple nye sika dzoe, eye mietsɔ nye nu xɔasi vevitɔwo yi miaƒe gbedoxɔ wo me; 6eye mietsɔ Yuda-viwo kple Yerusalem-viwo dzra na Helatɔwo, ne miaɖe wo tso woƒe anyigba dzi ayi adzɔge ʋĩ. 7Kpɔ ɖa, manyɔ wo le teƒe, siwo wotsɔ wo ƒle ɖo, eye mahe miaƒe nuwɔwɔ ava miaƒe ta dzi. 8Eye ma tsɔ miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo adzra na Yuda-viwo, eye woawo atsɔ wo adzra na Sabatɔ, siwo nye dukɔ le didiƒe ke; elabena Yehowa ye gblɔe.
Mawu aɖe eƒe dukɔ la, eye wõayrae.
9Miɖe gbe ƒã nya sia le dukɔwo dome be: Mibia akpa ɖe aʋa kɔkɔe ŋu, minyɔ kalẽtɔwo, eye aʋawɔlawo katã neho va! 10Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu yiwoẽ, eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe! Ame beli negblɔ be: Míawoe nye kalẽawo! 11Mi dukɔwo katã, miƒo zi tso goawo katã me, miva ƒo mia dokui nu ƒu. Yehowa, ɖiɖi wò kalẽtɔwo ɖe anyi ɖe gama! 12Dukɔwo netso, ne woava Yosafat ƒe bali la me; elabena afima mabɔbɔ nɔ anyi ɖo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã godoo 13Minyẽ hɛ gobɛwo, elabena nukuwo ɖi! Miva miafanya nu, elabena weinfiãƒe yɔ, eye weinfiãnu gbagba; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo. 14Amehawo kplɔ amehawo ɖo gbɔna nyametsobali la me; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe le nyametsobali me la, 15Ɣe kple ɣleti ado viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu atsi. 16Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna wose eƒe gbe tso Yerusalem, ale be dziƒo kple anyigba ʋuʋu. Ke Yehowa enye sitsoƒe na eƒe dukɔ kple mɔ̃ sesẽ na Israel-viwo. 17Eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, mia Mawu la, amesi le nye to kɔkɔe Zion dzi; Yerusalem azu kɔkɔeƒe, eye ame tatɔwo magato eme azu o. 18Le ɣemaɣi la towo atsyɔ aha yeye, eye togbɛwo aɖuɖu notsi, tsi ayɔ Yuda-tɔʋuwo katã agbagba, eye tsi adzɔ tso Yehowa ƒe aƒe la me ahade tsi xetiwo ƒe bali la me. 19Egipte azu aƒedo, eye Edom azu gbegbe ƒeƒle, le ŋuta, si wosẽ le Yuda-viwo ŋu, eye wokɔ du maɖifɔ ɖe anyi le woƒe anyigba dzi la ta. 20Ke Yuda anɔ anyi tegbee, eye Yerusalem anɔ dzidzimewo katã me; 21mabia hlɔ̃ woƒe ʋu, si nu nyemebia hlɔ̃ ɖo haɖe o, eye? Yehowa anɔ Zum.

Iliyochaguliwa sasa

Yoel 4: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia