Hosea 6
6
Mawu hea to na ame, bena woagatrɔ dzi me.
1Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí. 2Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la afɔ mí ɖe tsitrenu, ne míanɔ agbe le eŋku me. 3Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.
4Efrayim, nuka mawu wò, eye Yuda, nuka mawɔ wò? Elabena míaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene. 5Eyata meƒo wo to nyagblɔɖilawo dzi, metso nyee numenyawo wu woe, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ adze abe kekeli ene. 6Elabena lɔlɔ ƒe nu dze ŋunyie vu akpeɖavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa. 7Ke woawo tu nyee nubabla la abe Adam ene, eye wotrɔ ʋu le yonyeme le afima. 8Gilead enye nu tovo wɔlawo ƒe du, eye nu ƒoe. 9Nunɔlawo ƒe ha le abe adzoblasu, siwo de xa ɖi la ene, wowu ame le Sixem-mɔ dzi, eye wowɔ ŋukpenanu. 10Mekpɔ nusi mele gbɔgblɔ me o la, le Israel ƒe aƒe le me; Efrayim tsɔ ahasiwɔwɔ do dɔe le afima, eye Israel do gu eɖokui. 11Yuda, wodo nuŋeɣi ɖi na wò hã, ne megaɖo nye dukɔ te.
Iliyochaguliwa sasa
Hosea 6: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: