Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Hosea 5

5
Ŋɔdzidodo na fiaɖuƒe eveawo.
1Mi nunɔlawo, misee, Israel ƒe aƒe, ɖo ŋku anyi, eye mi fiaƒemetɔwe miƒu to anyi, elabena mia tɔe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la! Elabena miawoe nye mɔ̃ na Mizpa, eye miawoe nye ɖɔ woɖo ɖe Tabor dzi 2kpla ʋe goglo le Sitim; ke mahe to na ml katã! 3Menya Efrayim, eye Israel meɣla ɖem o; Efrayim, azɔ èwɔ ahasi, eye Israel, ègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò. 4Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, be womagatrɔ ɖe woƒe Mawu ŋu o, elabena ahasiwɔgbɔgbɔ le wo me, eye womedze si Yehowa o. 5Israel ƒe dàda aɖi ɖase ɖe mo nɛ kem Israel kple Efrayim adze anyi le woƒe vodadawo la, eye Yuda hã adze anyi akpe ɖe wo ŋu. 6Woatsɔ woƒe alẽwo kple nyiwo ayi Yehowa di gee, ke womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ. 7Yehowa yomee wotrɔ nu le, elabena wodzi vi tutɔwo; azɔ dzinu yeye aɖu woawo kple woƒe anyigbawo.
8Miku lãdzo le Gibea, eye miku kpẽ le Rama! Mido aƒa le Bet-Awen be: Benyamin, kpɔ megbewò! 9Efrayim azu gbegbe le tohegbe; nusi megblɔ ɖe Israel ƒe toawo ŋu la, le eteƒe. 10Yuda-amegãwo zu abe amesiwo ŋea liƒo ɖe eme la ene, matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi abe tɔɖɔɖɔ ene. 11Wote Efrayim de anyi, eye wotso tohehe bɔbɔe de anyi, le esi wòlɔ̃ dze mawuwo ƒe sewo yome le ta. 12Ke agbagblaʋuie menye na Efrayim, eye ŋɔ ɖunue menye na Yuda ƒe aƒe la.
13Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o. 14Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o. 15Magagbugbɔ ayi nɔnyieƒe, vaseɖe esime woafufu ŋku ahadi nye ŋku me; ne wodo xaxa me la, woadi yonyeme mɔ.

Iliyochaguliwa sasa

Hosea 5: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia