Hosea 3
3
Mawu le dzigbɔgbɔ blewu agaɖe vi dukɔ la.
1Eye Yehowa gblɔ nam bena: Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe alesi Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu, eye wole weintsetsebolo lɔ̃m la ene.“ 2Tete metso klosalo sekel wuiatɔ̃ kple bli gomer ɖeka kple afã ƒlee. 3Eye megblɔ nɛ bena: Nɔ gbɔnye kpoo eteƒe nadidi, megawɔ gbolo o, eye megaɖe ŋutsu bubua ɖeke o, eye alea nye hã mana na wò. 4Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o. 5Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.
Iliyochaguliwa sasa
Hosea 3: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili
Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.