Xezekiel 39
39
Nyagblɔɖi le Gog ƒe matsrɔ̃ ŋuti.
1Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog vivi, nu, nagblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gog, kpɔ ɖa, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal! 2Mable nuwo, eye malé wò alɔnu akplɔ wò atso anyiehe kekeake ava Israel-towo dzi. 3Maƒo dati da le mia na wò, eye wò aŋutrɔwo age le ɖusi na wò. 4Mia kple wò aʋakɔ blibo la kple dukɔ, siwo katã kpe ɖe ŋuwò la, miatsi Israel-towo dzi; eye matsɔ wò ana xe ƒonuwo, lã, siwo katã to aʋala, kple gbemelãwo, ne woaɖu. 5Aƒetɔ Yehowa be: Dogba dzi natsi, elabena nyee gblɔe. 6Maɖo dzo ɖe Magog kple amesiwo le ƒukpowo dzi bɔkɔɔ la dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. 7Maɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la afia le nye dukɔ Israel dome, eye nyemana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o, ne dukɔwo nadze sii be, nye Yehowa ye nye kɔkɔetɔ le Israel.
8Aƒetɔ Yehowa be: Kpɔ ɖa, egbɔna, eye wòle eme va ge; esia nye ŋkeke, si ŋu meƒo nu le. 9Eye Israel-duwo me towo ado ayi aɖado dzo, eye woatso aʋawɔnuwo, akpoxɔnu gã kple via, datiwo kple aŋutrɔwo, kpowo kple akplowo ade dzo; woatsɔ wo ado dzoe ƒe adre sɔŋ. 10Womatsɔ nake atso gbe me vɛ o, eye womafɔe le avewo me hã o, ke boŋ aʋawɔnuwo woatso ado dzoe; woada adzo amesiwo da adzo wo, eye woaha wo halawo, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 11Ɣemaɣi la mana teƒea ɖe Gog ɖe Israel-nyigba dzi, si nye Abarim-bali me la le atsiaƒu ƒe ɣedzeƒe gome; woaxe Abarim-bali la ƒe mo, eye afima woadi Gog kple eƒe amehawo katã ɖo, eye woayɔe be „Gog ƒe amehawo ƒe balime“. 12Israel ƒe aƒe la aɖi wo dzinu adre sɔŋ, ne woakɔ anyigba la ŋu. 13Dukɔ hahoo la aɖi wo, eye woaxɔ ŋkɔ le gbesigbe mede bubu ɖokuinye ŋu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 14Woaɖe amewo, ne woano tsatsam le anyigba dzi ɖaa, ne woaɖi amesiwo gakpɔtɔ ɖe anyigba la dzi, be woakɔ eŋu; le dzinu adre megbe la woagadzro eme akpɔ. 15Eye ne amesiwo le tsatsam le anyigba dzi la dometɔ ɖeka kpɔ ameƒua ɖe la, ade dzesi egbɔ, vaseɖe esime ameɖilawo natsɔe aɖi ɖe Gog ƒe amehawo ƒe balime. 16Afima woaɖi amehawo ɖo, eye woakɔ anyigba la ŋu.
17Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gblɔ na xe ƒomevi vovovowo katã kpakple gbemelãwo katã bena: Miƒo ta kpli, eye miƒo mia ɖokui nu ƒu tso goawo katã me, ne miava nye vɔsa ŋkekenyuie, si ɖu ge mala na mi la ɖu ƒe, aglotutu gã wònye le Israel-towo dzi, eye miaɖu lã ano ʋu. 18Miaɖu kalẽtɔwo ƒe lã, eye miano anyigba dzi amegãwo ƒe ʋu hekpe ɖe agbowo, alẽviwo, gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ŋu, wo katã lã damiwo wonye tso Basan, 19eye miaɖu nye vɔsalã, si mewu na mi la ƒe ami woaɖi ƒo na mi, eye miano eƒe ʋu wòamu mi. 20Eye miaɖu sɔwo kple sɔdolawo, kalẽtɔwo kple aʋawɔla ƒomevi vovovowo aɖi ƒo le nye kplɔ̃ ŋu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 21Matsɔ nye ŋutikɔkɔe aɖo dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ nye ʋɔnu, si medrɔ̃, kple nye asi, si metsɔ do wo dzi. 22Israel ƒe aƒe la adze sii bena, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu tso gbemagbe heyii. 23Eye dukɔwo nadze si be, Israel ƒe aƒe la ƒe vodadawo ta wonyã wo de gbe ɖo; le esi wòtrɔ ʋu le yonyeme ŋuti la, eyata meɣla nye ŋku me ɖe wo, eye metsɔ wo ɖe asi na woƒe ketɔwo, be wo katã wotsi yi nu. 24Mewɔ na wo le kɔ, si wogblẽ ɖo na wo ɖokui kple woƒe dzidadawo nu, eye meɣla nye ŋku me ɖe wo.
Israel agatrɔ gbɔ.
25Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Azɔ maɖo Yakob te, makpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe blibo la, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la nu. 26Eye woaŋlɔ woƒe ŋukpewo katã kple go, siwo katã wodze ɖe ŋunye la be, nenye be, wogale woƒe anyigba dzi bɔkɔɔ, eye amea ɖeke medoa voɖi na wo o. 27Ne mekplɔ wo gbɔe tso dukɔwo dome, eye meƒo wo nu ƒu tso woƒe fufuwo ƒe anyigba dzi la, maka ɖokuinye ŋu ɖe wo ŋuti le dukɔ geɖewo ŋku me. 28Eye woadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu, esi mena woɖe aboyo wo yi dukɔwo dome, eye megaƒo wo nu ƒu ɖe woƒe anyigba dzi, eye nyemegblẽ wo dometɔa ɖeke ɖe afima o ŋuti. 29Eye nyemagaɣla nye ŋku me ɖe wo azɔ o, le esi metrɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Iliyochaguliwa sasa
Xezekiel 39: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili
Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: