Chapa ya Youversion
Ikoni ya Utafutaji

Xezekiel 38

38
Nyagblɔɖi le Gog ƒe anyigba la dzidzedze kple eƒe sisi ŋuti.
1Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2Amevi, trɔ mo ɖe Gog ŋu le Magog-nyigba dzi, amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu 3gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gog, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal. 4Mable nuwo, eye made ga alɔgo na wò ahakplɔ mia kple wò aʋakɔ blibo la, sɔwo kple sɔdolawo, adzoe, wo katã woɖo atsyɔ̃, ameha gã, si kpla akpoxɔnu gã kple via, eye wo katã wòlé yi ɖe asi. 5Persia, Kus kple Put kpe ɖe wo ŋu, akpoxɔnu kple gakuku le wo katã si, 6hekpe ɖe Gomer kple eƒe aʋakɔ blibo la, Togarma ƒe aƒe, si le anyiehe kekeake kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋu; du geɖe kpe ɖe ŋuwò. 7Dzra ɖokuiwò ɖo, mia kple ameha, siwo katã ƒo ƒu ɖe ŋuwò la, misu te, eye nanye woƒe tatɔ.
8Le ɣeyiɣi geɖe megbe la woade se na wò! Le ƒewo ƒe nuwuwu la ayi anyigba, si vo tso yi si me la dzi, dukɔ, si woƒo ƒu tso dukɔ geɖewo dome wole Israel-to, siwo nye gbegbe eteƒe didi la dzi, dukɔ, si wokplɔ tso dukɔwo dome, eye wo katã woli ɖe dzi ɖi. 9Aho ava abe ahom ene, eye ava abe alilikpo ene, anyẽ atsyɔ anyigba la, mia kple wò aʋakɔ blibo la, eye dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.
10Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbemagbe la nu aɖo dzi me na wò, eye aɖo tame vɔ̃ɖi 11agblɔ bena: Maho ɖe anyigba, si le nuvo la ŋu eye maƒo ɖe amesiwo li bɔkɔɔ, eye woɖe dzi ɖi la dzi, amesiwo li, eye gli, gameti kple agbo mele wo si o, 12ne naha nu, naɖe aboyo nu, eye nanye wò asi ɖe aƒedo, si me ame le, kple dukɔ, si woƒo ƒu tso dukɔwo dome la dzi, amesiwo si lãwo kple kesinɔnuwo le, eye wole anyigba ƒe ƒoƒoli nu. 13Seba, Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kpakple woƒe dzatawo katã agblɔ na wò be: Ɖe nèva, be naha nu, eye ɖe neƒo wò amehawo nu ƒu, be naɖe aboyo nu, nalɔ klosalo kple sika ahatsɔ lãwo kple kesinɔnuwo adzoe, eye naxa nu geɖewoa? 14Eyata amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na Gog bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne nye dukɔ Israel li heɖe dzi ɖi la, àho ɣemaɣi, 15àtso nɔwòƒe le anyiehe kekeake ava, eye dukɔ geɖe akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔ dzi, ameha gã kple aʋakɔ dranyi wòanye; 16eye àho ɖe nye dukɔ Israel ŋu, anyẽ atsyɔ anyigba la abe alilikpo ene; ŋkekeawo ƒe nuwuwu wòava me; Gog, makplɔ wò aƒu nye anyigba, ne dukɔwo nadze sim, ne mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe ŋutiwò le wo ŋku me!
17Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi; Wòe nye amesi ŋu meƒo nu le le blema-ŋkekewo me to nye ɖɔla Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi, amesiwo gblɔ nya ɖi ɣemaɣi ƒe geɖe be, wòe wole kpɔkplɔ ge ava ƒu woa? 18Aƒetɔ Yehowa be: Ava me le ɣemaɣi be, gbesigbe Gog aho ɖe Israel-nyigba ŋu la, nye dɔmedzoe ade dzi le nye ŋɔti me. 19Nye ŋuʋaʋã kple nye dziku ƒe dzo mee meƒo nu le be, ɣemaɣi la anyigbaʋuʋu gãa ɖe le Israel-nyigba dzi nɔ ge. 20Ƒumelãwo kple dziƒoxewo, gbemelãwo kple nutata, siwo katã tana le anyigba dzi, kpakple amegbetɔ, siwo katã le anyigba dzi la, adzo kpekpekpe le ŋkunye me, towo aŋe adze eme, agakpewo amũ, eye gliwo katã amũ adze anyi. 21Aƒetɔ Yehowa be: Mayɔ yi ɖe eŋu le nye towo katã dzi, eye amesiame atsɔ yi ɖe ehavi ŋu. 22Matsɔ dɔvɔ̃ kple ʋu, tsidzadza gãwo kple tsikpewo adrɔ̃ ʋɔnui, eye mana dzo kple aŋɔ nadza ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kpakple dukɔ geɖe, siwo kpe ɖe eŋu la dzi. 23Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.

Iliyochaguliwa sasa

Xezekiel 38: EWERV

Kuonyesha

Shirikisha

Nakili

None

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia