Xezekiel 36
36
Israel ɖeɖe.
1Wò amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel-towo ŋu gblɔ bena: Mi Israel-towo, mise Yehowa ƒe nya! 2Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi futɔ la le ehẽ dom ɖe mia ŋu be, blematowo zu yewo tɔ la, 3eyata gblɔ nya ɖi gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wogblẽ mi, eye wole tsyo dam ɖe mia ŋu le goawo katã me, ne miazu dukɔ susɔeawo tɔ, eye amewo le nu ƒom le mia ŋu hele aɖeɖi ƒom mi la, 4eyata mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe towo kple togbɛwo, balimewo kple gbadzaƒewo, glikpo gbagbãwo kple du ƒuƒluwo, siwo zu nuhaha kple alɔmeɖenu na dukɔwo ƒe mamleawo godoo la ŋu enye si: 5Aƒetɔ Yehowa be: Matsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzobibi aƒo nu kple dukɔwo ƒe susɔea kpakple Edom blibo la, amesiwo tsɔ nye anyigba wɔ wo ɖokui tɔe, woƒe dzi le nu kom nyrenyrenyre, eye wole alɔme ɖem, le esi wotsɔe na wòzu nuhaha la ta. 6Eyata gblɔ nya ɖi ɖe Israel-nyigba ŋu, eye nagblɔ ma towo kple togbɛwo, balimewo kple gbadzaƒewo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meƒo nu le nye ŋuʋaʋã kple nye dziku me bena: Esi mietsɔ dukɔwo ƒe ŋukpedoame la, 7eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mekɔ nye asi dzi heka atam be: Dukɔ, siwo ɖe to ɖe mi godoo la, atsɔ woawo ŋutɔ ƒe ŋukpe!
8Ke mi Israel-towo, miɖe ama, eye mitse ku na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe. 9Elabena kpɔ ɖa, mele mia gbɔ, eye matrɔ ɖe mia ŋu, woade agble ɖe mia dzi, eye woaƒã nu ɖe mia dzi! 10Mana Israel ƒe aƒe blibo la ƒe amewo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, amewo anɔ duwo me, eye woaɖo gli gbagbãwo. 11Mana amegbetɔwo kple lãwo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, woakeke ta, eye wòadzi; mana ame nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye mawɔ nyui na mi wu tsã, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. 12Mana amegbetɔwo, nye dukɔ Israel, nazɔ mia dzi, woaxɔ wò, eye nazu woƒe domenyinu, eye magaɖe vi le wo ŋu azɔ o. 13Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wole gbɔgblɔm na mi be, amelãɖula nenye, eye nèɖe vi le wò ŋutɔ wò dukɔ ŋu la, 14eyata màgaɖu amelã azɔ o, eye magaɖe vi le wò dukɔ ŋu azɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 15Nyemena nagase dukɔwo ƒe vlodoame azɔ o, màgatso dukɔwo ƒe ŋukpedoame azɔ o, eye màgaɖe vi le wò dukɔ ŋu azɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Dzi yeye ŋugbedodo.
16Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 17Amevi, esi Israel ƒe aƒe la nɔ woƒe anyigba dzi la, wotsɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo do gui; woƒe zɔzɔ le ŋkunye me abe nyɔnu kpɔdzinu ƒe ʋu ene. 18Eyata metrɔ nye dziku ƒo ɖe wo dzi le ʋu, si wokɔ ɖe anyigba dzi, kple woƒe legba, siwo wotsɔ gblẽ kɔ ɖo nɛ la ta. 19Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mehlẽ wo ɖe anyigbawo dzi; woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo nue medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖo. 20Eye esi wova dukɔwo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, le afisiafi, si woyi, ale be wole gbɔgblɔm le wo ŋu bena: „Yehowa ƒe dukɔe nye esia, eye eƒe anyigba dzi woɖu tso“ 21Tete wòvem le nye ŋkɔ kɔkɔe, si Israel-viwo do gui le dukɔwo dome, afisi woyi la ta. 22Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, menye mia ta mele ewɔm ɖo o, ke boŋ nye ŋkɔ kɔkɔe, si mieɖo gui le dukɔwo dome, afisi míeyi la lae. 23Eye makɔ nye ŋkɔ gã, si wodo gui le dukɔwo dome, esi miawo miedo gui le wo dome la ŋuti, eye dukɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne mekɔ ɖokuinye ŋu le wo ŋku me ɖe mia ŋuti, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 24Makplɔ mi atso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu atso anyigbawo katã dzi ahakplɔ mi ava miaƒe anyigba dzii. 25Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu. 26Mana dzi yeye mi, eye maɖe gbɔgbɔ yeye mia me, maɖe kpedzi la le miaƒe dɔ me, eye mana lãkusidzi mi. 27Maɖe nye gbɔgbɔ mia me, eye mana be, miazɔ ɖe nye ɖoɖowo kple nye sewo nu, ne mialé wo me ɖe asi ahawɔ wo dzi. 28Eye mianɔ anyigba, si metsɔ na mia fofowo la dzi, mianye dukɔ nam, eye manye mia Mawu. 29Maɖe mi atso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me; mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o. 30Mana atikutsetsewo kple agble me nukuwo nasɔ gbɔ, ne miagahe dukɔwo ƒe vlodoame ava mia ɖokui dzi le dɔwuame ta azɔ oa 31Miaɖo ŋu miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiawo kple miaƒe nuwɔna manyomanyoawo, eye miava ŋu nya ge na mia ŋutɔwo mia ɖokui le miaƒe vodadawo kple miaƒe ŋunyɔnuwo ta. 32Aƒetɔ Yehowa be: Menye mia tae mele ewɔm ɖo o, minyae loo! Israel ƒe aƒe, ŋu nekpe mi, eye miaƒe mo netsi dã le miaƒe zɔzɔme ta!
Anyigba nyui la ŋugbedodo.
33Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe makɔ mia ŋu tso miaƒe vodadawo katã me la, mana ame nanɔ duawo me, eye woagaɖo gli gbagbãwo. 34Woade anyigba, si nye gbegbe la, ɖe esi wònye gbegbe le amesiwo katã va tsoa eme yina ŋku me la teƒe; 35eye woagblɔ bena: „Anyigba, si nye gbegbe tsã la, zu abe Eden-bɔ ene, ame le ɖu, siwo nye aƒedo kple gbegbe, eye wogbã wo ƒu anyi tsã la me, eye wozu du sesẽwo.“ 36Eye dukɔ mamlea, siwo ƒo xlã mi godoo la, adze sii bena, nye Yehowa ye tso du, siwo wogbã ƒu anyi, eye mede anyigba, si nye gbegbe la; nye Yehowa ye ƒo nu, eye mawo edzi hã. 37Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana Israel ƒe aƒe la naɖe kuku nam ɖe esia hã ta, eye mawɔe na wo: Mana woƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene. 38Alesi ale, siwo ŋu wokɔ, kple alesi alẽ nɔa Yerusalem le ŋkekenyuieɖuɣii la, nenema amehawo ayɔ du ɖi aƒedo la mee, eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
Iliyochaguliwa sasa
Xezekiel 36: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili
Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.