1
Yesaya 2:22
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Eya ta migaɖo dzi ɖe amegbetɔ si nye nu kuku la ŋu o. Asixɔxɔ kae le eŋu?
2
Yesaya 2:3
Ale dukɔ geɖewo ava gblɔ be: “Miva, mina míalia Aƒetɔ ƒe to la ayi Yakob ƒe Mawu la ƒeme, bene wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo.” Elabe se la atso Zion, eye Aƒetɔ ƒe nya atso Yerusalem.
3
Yesaya 2:2
Ava eme le ŋkeke mamlɛawo me be to si nye Aƒetɔ ƒe aƒe la anye kɔkɔtɔ kekeake, eye wòakɔ wu togbɛwo katã, eye dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.