1
Yesaya 41:10
Agbenya La
AL
eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.
2
Yesaya 41:13
elabena nyee. Nye Yehowa, wò Mawu, ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be ‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’
3
Yesaya 41:11
“Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃, eye wo nu ava ayi.
4
Yesaya 41:9
Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo, meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke. Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’ Metia wò, eye nyemegbe wò o
5
Yesaya 41:12
Àdi wò ketɔwo, gake màkpɔ wo o. Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko
6
Yesaya 41:14
Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob, O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.” Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe.
7
Yesaya 41:8
“Ke wò, Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia. Mi, xɔ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo.
8
Yesaya 41:18
Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame, eye tometsiwo nasi to balimewo. Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo, eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo.
9
Yesaya 41:17
“Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim, ke womekpɔ ɖeke o. Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta. Ke nye Yehowa, matɔ na wo; nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o.
10
Yesaya 41:4
Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go, eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke? Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo, eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.”
11
Yesaya 41:19-20
Mana sedati, logoti, gboti kple amiti namie ɖe gbegbe, eye mana xeti, fɔfɔli, kple sesewu namie ɖe dzogbe. Ale be amewo nakpɔe, anyae, abu eŋu, eye woase egɔme be, Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae na wòva eme.”