1
Yesaya 35:10
Agbenya La
AL
Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la koe atrɔ gbɔ. Woatsɔ hadzidzi age ɖe Zion; woatsɔ dzidzɔ mavɔ aɖo atsyɔ̃ na woƒe tawo. Dzidzɔ kple aseyetsotso adze wo ŋgɔ, eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o.
2
Yesaya 35:3-4
Do ŋusẽ asi beliwo, eye nàli ke klo siwo le ƒoƒom la; migblɔ na ame siwo ƒe dzi le vɔvɔ̃m be, “Misẽ ŋu, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu la gbɔna. Ava kple hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo, eye wòaɖe mi.”
3
Yesaya 35:8
Mɔtata gbadza aɖe anɔ afi ma. Woayɔe be kɔkɔenyenye ƒe mɔ. Ame makɔmakɔwo mazɔ mɔ sia dzi o. Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ ma dzi. Gegemewo gɔ̃ hã matra le edzi o.
4
Yesaya 35:5
Ekema ŋkugbagbãtɔwo ƒe ŋkuwo aʋu, eye tokunɔwo ƒe towo aʋu.
5
Yesaya 35:6
Tekunɔ ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔ ado dzidzɔɣli, Tɔsisi aŋɔ ɖe gbegbe, eye tɔʋuwo asi tso gbedadaƒo.