Anyo na wo be womenya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o tsɔ wu be woanyae, eye woatrɔ megbe ade sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo. Ame siawo la, lododo siawo nye nyateƒe le wo ŋuti be, “Avu trɔna gayia nu si wòdzɔ la gbɔ,” eye “Ha si wole tsi na la gayia eƒe babublu dzi.”