ZAXARYA 5
5
Agbalẽ, si le dzodzom.
1Eye megafɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ agbalẽ toaʋa-laa ɖe. 2Tete wògblɔ nam bena: Nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu bena: Mele agbalẽ toaʋalaa ɖe kpɔm wòdidi abɔklugui blave, eye wòkeke ahɔklugul ewo. 3Eye wògblɔ nam hena: Esia nye fiƒode, si le anyigba blibo la dzi yim; elabena fiafitɔwo katã tsi tomahemahe, eye atam dzodzro kalawo katã tsi tomahemahe. 4Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nyee ɖoe ɖa, be wòayi fiafitɔ kple atam dzodzro kala ƒe me le nye ŋkɔ me, eye wòatsi eƒe xɔ me afiã eƒe xɔtlwo kple kpewo. 5Eye mawuɖɔla, si ƒo nu kplim la, ɖo va gblɔ nam bena: Fɔ kɔ dzi nakpɔ nusi do gbɔna la ɖa!
6Tete megblɔ be: Nuka enye esia? Eɖo ŋu hena: Esia enye nudotree, si ɖo gbɔna. Eye wògblɔ bena: Eyae nye woƒe vodada le anyigba blibo la dzi. 7Eye kpɔ ɖa, tsumigbaa ɖe kɔ eɖokui dzi eye nyɔnua ɖe bɔbɔ nɔ nudotree la me. 8Eye wògblɔ bena: Esia enye nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. Tete wòtigii ɖe nudotree la me, eye wòtsɔ tsumigba tu enu. 9Eye esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ nyɔnu eve wodo va, eye ya ɖo aʋala me na wo, woto aʋala abe ɖamixe ƒe aʋala ene, eye woka nuɖotree la ɖe dziƒo kple anyigba domee. 10Eye mebla mawudɔla, si ƒo nu kplim la bena: Afika wokɔ nuɖotree la yinae?
11Eɖo ŋu nam bena: Ɖe wobe, yewoatu xɔ nɛ ɖe Sinear-nyigba dzi, eye ne wotui vɔ la, woatsɔe adre ɖe enɔƒe le afima.
Iliyochaguliwa sasa
ZAXARYA 5: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: