ZAXARYA 2
2
Lãdzo eneawo kple nutala eneawo
1Tete mefɔ ko dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ lãdzo ene, 2Eye megblɔ na mawudɔla, si ƒo nu kplim bena; Nusiawo gɔme ɖe?. Eɖo ŋu nam bena; Woawoe nye lãdzo, siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem hlẽ la. 3Eye Yehowa na mekpɔ gbeɖe ene. 4Tete megblɔ be; Nuka wɔ ge amesiawo va? Eɖo ŋu bena; Esiawo nye lãdzo, siwo kaka Yuda hlẽ, ale be amea ɖeke megafɔ ta dzi o la; eyata wova, be yewoaɖo ŋɔdzi na wo, eye yewoatutu dukɔ, siwo kɔ dzo dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu, be woakakae ahlẽ la ƒe dzowo aƒu anyi.
Ŋutsu la kple nudzidzeka la.
5Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi. 6Eye megblɔ bena: Afika nèyina? Eɖo ŋu nam bena; Yerusalem dzidze ge meyina, ne niakpɔ alesi wòkeke kple alesi wòdidii. 7Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim la ɖo, eye mawu-dɔla bubu do va kpee. 8Tete wògblɔ nɛ bena: Ɖe abla naɖagblɔ na ɖekakpuivi ma bena: Yerusalem anɔ nuvo le ame kple lã geɖe, siwo anɔ eme la ta. 9Nye ŋutɔ manye dzogli anɔ eŋu godoo, eye manye atsyɔ̃ ana eme; Yehowa ye gblɔe.
10Hee! hee! Misi tso anyiehenyigba dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena mekaka mi hlẽ ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, Yehowa ye gblɔe! 11Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion! 12Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi. Bubu ta wòdɔm ɖe dukɔ; siwo ha mi la gbɔ ɖo; elabena amesi ka asi mia ŋu la, eka asi eƒe ŋkuvi ŋu. 13Kpɔ ɖa, manyẽ nya asi ɖe wo ŋu, ne woazu aboyonu na woƒe kluviwo, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖɔm ɖa. 14Zion-nyɔnuvi, tso aseye nakpɔ dzidzɔ; elabena megbɔna, be manɔ dowòme, Yehowa ye gblɔe! 15Ɣemaɣi la dukɔ geɖewo aku ɖe Yehowa ŋu ahazu nye dukɔ, eye manɔ dowòme, ne nadze sii be, Yehowa Zebaot ye dɔm ɖe gbɔwò. 16Yehowa axɔ Yuda awɔ eya ŋulɔ tɔe le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem. 17Ŋutilãwo katã nezi ɖoɖoe le Yehowa ŋku me! Elabena efɔ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la.
Iliyochaguliwa sasa
ZAXARYA 2: EWERV
Kuonyesha
Shirikisha
Nakili

Je, ungependa vivutio vyako vihifadhiwe kwenye vifaa vyako vyote? Jisajili au ingia
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: